Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 12:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe va do, eye Kekeli klẽ ɖe gaxɔ la me. Dɔla la ƒo Petro ƒe axame henyɔe tso alɔ̃ me. Egblɔ nɛ be, “Netsɔ, tsi tsitre!” Enumake gakɔsɔkɔsɔ la ge le Petro ƒe alɔnu.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 12:7
37 Referans Kwoze  

Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena:


Kasia anyigba ʋuʋu ŋuta, ale bena gaxɔa ƒe gliɖoanyiwo nyẽ kpo; eye enumake ʋɔtruawo katã ʋu wo ɖokui, eye ameawo katã ƒe gawo tu.


eya, amesi tsona na amesiwo wote ɖe anyi, eye wònaa abolo dɔwuitɔwo. Ye howa ɖea ga gatɔwo.


Eɖe wo tso viviti kple blukɔ tsiɖitsiɖi me, eye wòtso woƒe gawo.


Esi hiãtɔ sia yɔe la, Yehowa ɖo toe, eye wòɖee tso eƒe hiãwo katã me.


Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me,


Eyaŋuti la wogblɔ be: Nyɔ, wò amesi le alɔ̃ dɔm la, ne natsi tre tso ame kukuwo dome, eye Kristo ahlẽ ɖe dziwò!


Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.


Eye wòva ve me, esi wotsi dzodzodzoe le esia ŋuti la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre de wo gbɔ le awu ʋlaya dadzowo me;


Eye Aƒetɔ ƒe dɔlaa ɖe tsi tre ɖe wo gbɔ, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ.


Mado dzi atsɔ Yehowa ƒe dziku, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu, vaseɖe esime wòadrɔ̃ nye nya ahatso nam; akplɔm aɖo ɖe kekeli nu, eye makpɔ eƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋku.


Tete Daniel ƒo nu kple fia la be: Fia nenɔ agbe tegbee!


Yehowa ƒe dɔla la gava zi evelia, eye wòʋuʋui gblɔ bena: Fɔ naɖu nu, elabena wò mo didi akpa!


Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.


Ke esi wòle mea dzi, eye wògogo Damasko la, kasia keklẽ tso dziƒo klẽ ƒo xlãe;


Keklẽ ɖo abe ɣe tɔ ene, keklẽ le eƒe axa dzi, eya mee eƒe ŋusẽ be ɖo.


Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm.


Tso naklẽ, elabena wò kekeli gbɔna, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe adze ɖe dziwò!


Oo Yehowa, wò dɔla menye, wò dɔla, si nye wò dɔlanyɔnu ƒe vi la, menye; wòe tu nye bablawo.


Eye esi wòmlɔ anyi dɔ alɔ̃ ɖe dzoŋgbalẽtia te la, kpɔ ɖa, mawudɔlaa ɖe va ʋuʋui gblɔ ne bena: Fɔ naɖu nu!


Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubua de le didim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ de anyigba dzi.


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


Ke gbesigbe Herodes le eɖe ge ɖe go afia ƒe zã me la, Petro le alɔ̃ dɔm hele babla kple kɔsɔkɔsɔ eve le asrafo eve dome, eye dzɔlawo le ʋɔtrua nu hele gaxɔ la ŋuti dzɔm.


Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wò aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eyewò akplɔ, siwo le dzo kem la, nanye keklẽ.


Esia anye dzesi na wò: Le ƒe sia me la miaɖu nusiwo mie dzro le wo ɖokui si, le ƒe evelia me la miaɖu flumenu, eye le ƒe etɔ̃lia me la mia ƒã nu aŋe nu, eye miade weingblewo aɖu wo me kutsetsewo.


Elabena wò Yehowa ènye nye akaɖi, eye Yehowa na nye viviti me kɔ.


Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, esime fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan ɖee tso Yerusalem kple Yuda ƒe aboyome, siwo wokplɔ yina Babel la dome; eɖe ga le eŋu, eye wòɖe asi le eŋu le Rama la.


Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o.


Ke esi wodzo yi la, kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe gblɔ bena: „Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò: elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.


Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Bla wò ali dzi, eye nado wò atokotawo! Eye wòwɔ nenema. Eye wògblɔ ne bena: Do wò awu ʋlaya la, eye nadze yonyeme.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite