Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 12:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye esi wobu esi me la, etsɔe de gaxɔ me, eye wòtsɔe de asi na asrafoha ene, siwo dome ɖesiaɖe me asrafo ene nɔna la, bena woadzɔ eŋu, eye wòdi be, yeaɖee afia dukɔ la le ŋutitoto ŋkeke la megbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ke esi eƒe asi su edzi la, edee mɔ. Ena asrafo wuiade nɔ eŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne woɖu Ŋutitotoŋkekea vɔ la, yeaɖe asi le Petro ŋu na Yudatɔwo woadrɔ̃ ʋɔnui eye woawui.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 12:4
22 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ ne bena: Aƒetɔ, mesu te be, mia kpli wò míayi gaxɔ me kple ku me.


Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe aɖaŋudede nɔa anyi.


Ke le nusiawo katã ŋgɔ la woaɖo woƒe asiwo mia dzi, eye woati mia yome, akplɔ mi ayi ɖe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, be woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti.


be woawɔ nusi wò asi kple wò aɖaŋu ɖo ɖi be, wòava me la.


Eye woɖo asiwo wo dzi, eye wode wo gaxɔ me, vaseɖe ŋu ke; elabena fiẽ ɖo hafi.


Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Esime nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ esaa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò, eye nèyia afisi ke nèlɔ̃na; ke ne èku amegã la, amlo wò abɔwo me, eye ame bubu asa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakplɔ wò ayi afisi melɔ̃na o.


Ke wogblɔ bena: Menye le ŋkekenyuie la dzi o, bena zi nagatɔ le dukɔ la dome o.


Le ŋkeke ma me woaɖe mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.


Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.


Tete wode agbalẽ la duxɔlawo si ɖo ɖe fia ƒe anyigbawo katã dzi, be woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, woawu wo, eye woagblẽ wo, ɖeviwo kple tsitsiawo, vidzĩewo kple nyɔnuwo siaa le ŋkeke ɖeka dzi le dzinu wuievelia, si nye dzinu Adar ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia dzi, eye woaha woƒe nuwo.


Ke Saul gblẽ hame la hegena ɖe aƒewo me, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo yi ɖadea gaxɔ me.


Eye woɖo asi apostoloawo dzi, eye wode wo dua me gaxɔ me.


Azɔ esi asrafoawo klã Yesu ɖe ati ŋuti vɔ la, wotsɔ eƒe awuwo, eye womã wo ɖe akpa ene me, asrafo ɖeka xɔ ɖeka, kple awu ʋlaya la hã; ke awu ʋlaya la le matɔmatɔ, wolɔ̃e blibo tso tagbɔ vaseɖe egɔme.


Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o?


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte-nyigba dzi bena:


Eye wòsusɔ ŋkeke eve, ne ŋutitoto kple abolo maʋamaʋã ƒe ŋkekenyuie la naɖo; eye nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ɖi alesi woawɔ alée le aɖaŋu me, ne woawui;


Ke esi wòkpɔ be, edze Yudatɔwo ŋu la, eyi dzi be, yealé Petro hã. Ke enye amɔwɔ maʋãmaʋã ƒe ŋkekewo.


Eye wodzɔ Petro ŋu le gaxɔ me; gake hame la le gbedodoɖa dzi vevie na Mawu ɖe eta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite