Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke megblɔ bena: Kpao, Aƒetɔ, elabena nu dzodzro alo nu makɔmakɔa ɖeke mede nye nu me kpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 “Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o.’

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 11:8
9 Referans Kwoze  

Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na.


Elabena ŋutsu, si mexɔ se o la, ŋuti kɔ le srɔ̃a me, eye nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenem o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe.


Womatsi Yehowa ƒe anyigba dzi o, ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte, eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asur.


Eye wokpɔ bena, eƒe nusrɔ̃laa ɖewo le abolo ɖum kple asi ƒoɖi, egɔme nye asi maklɔmaklɔe la;


bena woade vovo nu makɔmakɔ kple nu kokoe dome, eye woade vovo lã, si woaɖu kple esi womaɖu o la dome.


Miade vovo nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo, nu madzɔmadzɔwo kple nu dzadzɛwo dome.


Eye mese gbea ɖe hã gblɔ nam bena: Petro, tsi tre wu wo naɖu.


Gake gbea gaɖo eŋu nam zi evelia tso dziƒo bena: Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megabui nu dzodzro o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite