Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 11:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Mele Yope-dua me le gbe dom ɖa, eye le ŋutega me la mekpɔ nane le ɖiɖim ɖe anyi abe aklala gãa ɖe, si wosa kɔ dzogoe ene me nɛ ene heɖi tso dziƒo va gbɔnye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka la, esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔ lae nye be aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 11:5
12 Referans Kwoze  

Eye wòva me bena, esime megbugbɔ va Yerusalem, eye mele gbe dom ɖa le mawuxɔ me la, mekpɔ ŋutega,


Eye nusrɔ̃laa ɖe le Damasko, eŋkɔe nye Anania, eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ le ŋutega me bena: Anania! Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, nyee nye esi, Aƒetɔ!


Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.


Tete mekpɔ wodo asia ɖe ɖe gbɔnye, si me agbalẽ le.


Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.


Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite