Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 11:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Agabo la, tsi tre, eye wòfia dzesi to Gbɔgbɔ la dzi bena, dɔwuame gãa ɖe le xexe blibo la katã me va ge, esia va ve me le kaisaro Klaudio ŋɔli.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Gbe ɖeka la, wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabu la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexea me katã. (Nya sia va eme le Fia Klaudio ƒe dziɖuɣi.)

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 11:28
10 Referans Kwoze  

Eye esi míenɔ afima xɔ ŋkekea ɖewo la, nyagblɔɖilaa ɖe, si ŋkɔ nye Agabo la, tso Yudea va.


Eye wòkpɔ Yudatɔa ɖe, eŋkɔe nye Akwila, si wodzi le Ponto, amesi kple srɔ̃a Priskila wotso Italia va medidi o; elabena Klaudio ɖe se bena, Yudatɔwo katã nadzo le Roma; eye wòva wo gbɔ,


Eye le kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato le mɔ̃mefia ɖum le Yudea, eye Herodes enye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo enye dziɖula le Iturea kple Traxoniti-nyigbawo dzi, eye Lisania enye dziɖula le Abilene,


Eye wòva ve me le ŋkeke mawo me be, sedede tso kaisaro Augusto gbɔ bena, woaxlẽ xexeame katã aŋlɔ.


Tete Farao gblɔ na eŋuti meawo bena: Ɖe míate ŋu akpɔ amea ɖe, si me Mawu ƒe gbɔgbɔ la le abe eya ene mahã?


Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.


Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite