Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:9
19 Referans Kwoze  

matsrɔ̃ amesiwo dea ta agu na dziƒo ŋu nuwo la, akpe ɖe amesiwo dea ta agu na Yehowa, gake wogakaa atam na Milkom la siaa ŋu;


Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.


Ke miawo la miana gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔ dzi.


Eye esi wòɖe mo na wo megbe la, edzo heyi ɖe to la dzi, be yeado gbe ɖa.;


Eye esi wòfɔ fɔŋli la, edo go heyi de gbedzi, eye wòdo gbe da le afima.


Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


amesi le xɔ ta la, megaɖi va tsɔ naneke tso eƒe me yii o;


Ke egado go le gaƒoƒo adelia kple asiekelia me, eye wògawɔ nenema ke.


Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


Eye Kaldeatɔ, siwo le aʋa wɔm kple du sia la, age ɖe eme, woatɔ dzo du sia, eye eya kple xɔ, siwo ta me wodo dzudzɔ na Baal, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dzikui nam la, afiã.


Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.


Emegbe woɖi tso toa dzi yi dua me, eye wòƒo nu kple Saul le xɔta.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le Gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta


Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite