Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Azɔ dɔ ŋutsuwo ɖo ɖe Yope, ne wòaɖakpe Simon, sii woyɔna be Petro la vɛ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Eya ta dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:5
10 Referans Kwoze  

Eye Paulo kpɔ ŋutega le zã me. Makedonia-ŋutsua ɖe le tsitre le kuku ɖem nɛ gblɔ bena: Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí!


Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase.


Eyata da ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la ve; amesia dze Simon ɖe, si tea kpe agbalẽ la, ƒe me le ƒua nu; ne amesia va la, aƒo nu na wò.


Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.


Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Ekplɔe va Yesu gbɔ. Eye esi Yesu kpɔe du la, egblɔ ne bena: Wòe nye Simon, Yona vi la, woayɔ wò be Kefas, (si gome enye kpe gbadza).


Eye wòdo ame wuieveawo, Simon, eyae wòna ŋkɔe bena Petro,


Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.


Ke eva me bena, enɔ Yope xɔ ŋkeke geɖe le Simon ɖe, si fea kpe agbalẽ la gbɔ.


eye woyɔ ame ɖa biae bena, Simon, si woyɔna be Petro la, dze afisia mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite