Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 Eye wòde se na mi be, miaɖe gbe ƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase bena, eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:42
24 Referans Kwoze  

Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


amesiawo abu akɔnta na amesi su te, bena yeadrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo la.


Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me:


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.


vaseɖe ŋkeke, si me wòde se na apostolo, siwo wòtia to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me, hafi woxɔe yi dzi la ŋuti;


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.


Miheyi, ne míatsi tre agble agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


elabena nɔvi atɔ̃ le asinye, bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o.


Elabena ele eme bena, Amegbetɔvi la le yiyim le ɖoɖo la nu; gake baba na ame ma, si dzi wòato aɖee asi!


Ke esi wòle dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu nyui kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃, si le vava ge la, ŋutinya gblɔm la, dzidzi ƒo Felike, eye wòɖo ŋu bena: Azɔ la heyi egbɔ: ne mekpɔ asinu nyui la, mana woayɔ wò vɛ.


le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite