Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:39 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Eye míawoe nye ɖaseɖilawo le nusiwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem la ŋuti; amesi hã wowu to ehehe ɖe ati ŋuti me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

39 Petro yi edzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem, afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:39
16 Referans Kwoze  

Miawoe nye nusiawo ƒe ɖaseɖilawo.


menye dukɔ blibo la katã o, ke boŋ eƒe ɖaseɖila, siwo Mawu tia ɖi xoxo, mí, amesiwo ɖu nu, eye mieno nu kplii le eƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome megbe.


Hafi boŋ miaxe Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe se ƒe ke.


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mi katã míenye ɖaseɖilawo le.


Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


eye wòɖe eɖokui fia amesiwo kpe ɖe eŋuti tso Galilea va Yerusalem, ŋkeke geɖewo, amesiwo zu eƒe ɖaseɖilawo azɔ na dukɔ la.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.


tso keke Yohanes ƒe mawutsidedetaname dzi vaseɖe ŋkeke, si dzi woxɔe yi dzi le mía gbɔ; wo dometɔ ɖeka nazu eƒe tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mia ŋu.


eye miawo hã míaɖi ɖase, elabena mieli kplim tso gɔmedzedzea me ke.


abe alesi amesiwo kpɔ eteƒe kple ŋku tso gɔmedzedzea me ke, eye wonye nya la ƒe dɔlawo, tsɔe de asi na mí ene la, ta la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite