Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:38
40 Referans Kwoze  

Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,


Israel-ŋutsuwo, miɖo to nya siawo! Yesu, Nazaretetɔ la, ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienyã ene;


Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


Elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèlea fu madzɔmadzɔnyenye; eyata Mawu, wò Mawu la, tsɔ dzidzɔmi si na wò wu wò hatiwo.


Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee; wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe.


Amesia va egbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ bena: Rabi, mienya bena, nufiala nènye tso Mawu gbɔ va; elabena amea ɖeke mate ŋu awɔ dzesi, siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.


Ke ne nye la menyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa go to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi la, ekema Mawu ƒe fiaɖuƒe la do ɖe mia dzi.


eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi le nɔnɔmekpɔkpɔ me abe akpakpa ene ɖe, eyama dzi, eye gbe ɖi tso dziƒo gblɔ bena: Wòe nye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.


Kpɔ ɖa, nye dɔla enye si, malée ɖe te, nye ame tiatia, si ƒe nu nyo ŋunye! Meda nye gbɔgbɔ ɖe edzi, ne woahe nye ɖoɖowo ayi na dukɔwo.


Yesu ɖo ŋu na wo bena; Dɔwɔwɔ nyui geɖewo mefia mi tso Fofonye gbɔ; dɔwɔwɔwo dome ka ta miele kpe fɔ ge aƒum ɖo mahã?


Kpɔ ɖa, gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde vɔ, bena woaka mi ahlẽ, amesiame ayi ye ŋutɔ tɔ gbɔ, eye miagblẽ nye ɖeka ɖi, hafi menye nye ɖekae li o, elabena Fofo la li kpakplim.


Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Wotso Yehowa ƒe segbalẽ la ɖe asi, eye wofia nu le Yuda, wotsa le Yuda-duwo katã me, eye wofia nu dukɔ la.


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.


Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Eye eƒe mo wɔ yaa le woƒe dzimaxɔse la ŋuti. Eye wotsa le kɔƒe, siwo ƒo xlã afima la me hele nu fiãm.


Elabena Amegbetɔvi la meva, be wòagblẽ amewo ƒe agbe o; ke boŋ, bena wòaɖe wo. Eye wodzo yi ɖe kɔƒe bubu me.


Mia ŋutɔwo mienyã nya, si va ve me le Yudea katã, eye wòdze gome tso Galilea, le mawutsidedetaname, si Yohanes ɖe gbe ƒãe la megbe:


Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã.


Eye esi Yesu tsi tre la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite