Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eyata medo ame ɖo ɖe gbɔwò enumake, eye èwɔe nyuie be, neva. Azɔ mí katã miele afii le Mawu ƒe ŋku me, bena miase nusiwo katã ƒe se Aƒetɔ la de na wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:33
20 Referans Kwoze  

Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me;


Eye tetekpɔ, si le nye ŋutilã me na mi la, miedo vloe o, eye mienyɔ ŋui o, hafi boŋ miexam abe mawudɔla alo abe Kristo Yesu ene.


Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Eyaŋuti miawo hã minyae bena, wodo Mawu ƒe xoxo sia ɖe trɔ̃subɔlawo gbɔ; eye woawo la woaɖo toe.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.


Nuxlɔ̃la nyanu enye sikasigɛ kple kɔgɛ, si wotsɔ sika nyuitɔ tui la, na to senu.


ne nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi, eye mɔ sɔsɔe nasu nugɔmesela si;


Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


Ke ame geɖe, siwo nye mlɔetɔwo, lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo.


Nugɔmesela ƒe dzi kpɔa sidzedze, eye nunyala ƒe to dia sidzedze yome.


Eyata da ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la ve; amesia dze Simon ɖe, si tea kpe agbalẽ la, ƒe me le ƒua nu; ne amesia va la, aƒo nu na wò.


Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o,


Eye mele ƒu godo, ne woagblɔ be: ameka atso ƒu ayi atsɔe vɛ na mi, be míase, ne miawo edzi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite