Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:3
23 Referans Kwoze  

Eye Petro kple Yohanes woyi ɖe mawuxɔ me le gbedoɖaɣi, si nye gaƒoƒo asiekelia dzi.


Ke Aƒetɔ ƒe dɔla va ʋu gaxɔa ƒe ʋɔtruawo le zã me, eye wòkplɔ wo do goe gblɔ bena:


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


eye zi geɖe alesi wòƒo mawudɔlawo ta le ŋkɔ gã xɔxɔ me la, zi geɖe ma ke wòzu gã wu wo.


Elabena zã sia me la Mawu, si tɔ menye, amesi mesubɔna hã la, ƒe dɔla va tsi tre ɖe gbɔnye gblɔ bena:


eye wòka eta na mí, alesi wòkpɔ mawudɔla la le tsitre le eƒe me, eye wògblɔ bena: Dɔ ame ɖo ɖe Yope, ne woaɖayɔ Simon, si woyɔna be Petro la vɛ,


Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me,


Ke esi Petro le ŋutega la ŋuti bum la, Gbɔgbɔ la gblɔ ne bena: Kpɔ ɖa, ŋutsu etɔ̃ le diwòm.


Ke esi Petro tsi dzodzodzoe le eɖokui me, nusi ŋutega, si yekpɔ la lanye la, kpɔ ɖa, ŋutsui siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la, le Simon ƒe aƒe ta biam hele tsitre ɖe agbo la nu;


Eye nusrɔ̃laa ɖe le Damasko, eŋkɔe nye Anania, eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ le ŋutega me bena: Anania! Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, nyee nye esi, Aƒetɔ!


eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima?


Eye kasia dziƒoʋakɔha gãa ɖe kpe ɖe mawudɔla la ŋuti, wole Mawu kafum le gbɔgblɔm bena:


Ke Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae, le tsitre ɖe numemlekpui la ƒe nuɖusi me.


Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani! si gome enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?


le nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel ta; metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò, eye metsɔ bubuŋkɔ na wò, esi mèkpɔ dze sim haɖe o.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Mawɔ nya, si negblɔ la hã dzi, elabena meve nuwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.


Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.


Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite