Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:28
15 Referans Kwoze  

Samaria-nyɔnu la gblɔ nɛ bena: Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã? — Elabena Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o —


Gake gbea gaɖo eŋu nam zi evelia tso dziƒo bena: Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megabui nu dzodzro o.


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


Wole esia dzi eƒe nusrɔ̃lawo va, eye wòwɔ mo yaa na wo bena, ele nu ƒom kple nyɔnua ɖe, gake amea ɖeke megblɔ bena: Nuka dim nèle alo nuka nu ƒom nèle kplii mahã o.


ame siwo le gbɔgblɔm be: Nɔ adzɔge, megaka asi ŋunye o, mava wɔ wò kɔkɔe la, amesiawoe nye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo, si abi nu ŋkeke blibo la.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Eye wokpɔ bena, eƒe nusrɔ̃laa ɖewo le abolo ɖum kple asi ƒoɖi, egɔme nye asi maklɔmaklɔe la;


eyaŋuti esi woyɔm la, nyemegblɔ nyaa ɖeke ɖe eŋuti hafi va o. Azɔ mele mia biam be: Nya ka ŋuti mieyɔm ɖo mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite