Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tete wòyɔ wo va me, eye wòwɔ amedzro na wo. Eye esi ŋu ke la, etsi tre, eye wòyi kpli wo, eye nɔvi, siwo le Yope la, dometɔa ɖewo kpe ɖe eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:23
16 Referans Kwoze  

Eye Gbɔgbɔ la gblɔ nam bena, mayi kpli wo, eye nyemegake ɖia ɖeke o. Eye nɔvi ade siawo hã kpe ɖe ŋunye, eye mieyi ɖe ŋutsu la ƒe me;


Eye kuvia ɖo xɔsetɔ, siwo tso aʋatsotso la me, ame geɖe alesi nu va kple Petro, bena wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana; kɔ ɖe trɔ̃subɔlawo hã dzi.


Milɔ̃ amedzrowɔwɔ na mia nɔewo, eye liʋiliʋilili naganɔ me o.


Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o.


Elabena míaƒe tamesusuwo le nu nyui yome, menye le Aƒetɔ la ŋku me ɖeɖeko o, ke le amewo ŋku me hã.


Eyata medo ame ɖo ɖe gbɔwò enumake, eye èwɔe nyuie be, neva. Azɔ mí katã miele afii le Mawu ƒe ŋku me, bena miase nusiwo katã ƒe se Aƒetɔ la de na wò.


eyaŋuti esi woyɔm la, nyemegblɔ nyaa ɖeke ɖe eŋuti hafi va o. Azɔ mele mia biam be: Nya ka ŋuti mieyɔm ɖo mahã?


Eye wose nusia le Yope katã, eye ame geɖewo xɔ Aƒetɔ la dzi se.


Ke esi Lida te ɖe Yope ŋu, eye nusrɔ̃lawo se bena, Petro le afima la, wodɔ ŋutsu eve ɖo ɖe egbɔ ɖe kuku nɛ bena, megatsi anyi, hafi ava yewo gbɔ o.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Eye nyɔnu-nusrɔ̃laa ɖe le Yope, amesi ŋkɔ nye Tabita, si gɔmee nye zi, eya la yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonu, siwo wòwɔna.


Eye esi nɔvi, siwo le afima la, se mia ŋkɔ la, wova kpe mi le keke Apiforo kple Tretaberne ke; esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite