Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye gbe la gagblɔ na zi evelia bena: Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megayɔe be nu dzodzro o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Gbeɖiɖi la gayi edzi gblɔ na Petro be, “Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:15
17 Referans Kwoze  

Nusianu, si wodzrana le lãƒleƒe la, miɖui faa, eye migabia eta se le dzitsinya ŋuti o.


Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.


Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


elabena menye eƒe dzi me wòyina ɖo o, hafi boŋ eƒe dɔ me wòyina ɖo, eye wòɖadena ɖe kpɔxa, le esia me nuɖuɖuawo katã ŋuti kɔna lena o mahã?


Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na.


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Gake gbea gaɖo eŋu nam zi evelia tso dziƒo bena: Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megabui nu dzodzro o.


Megagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nuɖuɖu ta o! Nusianu ŋuti kɔ hafi; gake la enye vɔ̃ na amesi ɖui le nuɖiaɖia me.


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


eye mede vovoa ɖeke mía kpli wo dome o, le esime wòklɔ woƒe dziwo me to xɔse me.


bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!


Eye wofanya weintsetseawo kple afɔ le dua godo, eye ʋu do le weinfiãnu la me le ɖɔɖɔm vaseɖe keke sɔwo ƒe numega ŋuti ke, eye wòde stadio akpe ɖeka kple alafa ade.


Eye wowɔ esia zi etɔ̃, eye enumake wogakɔ nu la yi dziƒo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite