Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 10:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke Petro gblɔ bena: Kpao, Aƒetɔ, elabena nyemeɖu nusianu, si nye nu dzodzro kple nu makɔmakɔ kpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.”

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 10:14
19 Referans Kwoze  

Eyata miɖe vovo lã, siwo ŋu kɔ, kple esiwo ŋu mekɔ o, xe, siwo ŋu mekɔ o, kple esiwo ŋu kɔ la dome, eye migawɔ lãwo kple xewo kpakple anyigba dzi nu gbagbewo, siwo megblɔ be, wo ŋu mekɔ o la, ŋu dɔ ahado ŋunyɔ mia ɖokui o.


Tete megblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemegblẽ ko ɖo na ɖokuinye kpɔ o, nyemeɖu lã kuku alo lã, si nu vuvu la, tso nye ɖevime vaseɖe egbe o, eye lã ƒaƒã mede nye nu me kpo o!


Ke Daniel do de ta me be, yemele fia ƒe nuɖuɖu kple wein tsɔ ge agblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o, eye wòɖe kuku na aƒedzikpɔlawo ƒe amegã, ne yemagagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui o.


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.


Eye dadaa xa edzi gblɔ bena: O! Ɖeko woayɔe be Yohanes.


Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o, miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui.


Eye Petro ɖe kpoe, eye wòde asi nyagbegbe me nɛ gblɔ bena: Mawu nèhe esia ɖa xaa tso gbɔwò, Aƒetɔ; esia nagava dziwò gbeɖe o!


Lã kukuwo katã kple lã, siwo nu lé, eɖanye xe alo lãfɔnee o la, nunɔlawo mekpɔ mo aɖui o.


Gbeɖe! Ŋutsuwo ko nayi aɖasubɔ Yehowa, elabena alea míeɖi! Eye wonyã wo dzo le Farao gbɔe.


Ke Lot gblɔ bena: O, Aƒetɔ, meganɔ nenema o!


Eye kpɔ ɖa, anyidzelaa ɖe va dze klo ne gblɔ bena: Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, ate ŋu ana ŋutinye nakɔ.


Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.


Eye wokpɔ bena, eƒe nusrɔ̃laa ɖewo le abolo ɖum kple asi ƒoɖi, egɔme nye asi maklɔmaklɔe la;


Nyɔnua gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, tsikunu mele asiwò o, eye vudoa me goglo; afika gɔ̃ nèkpɔ agbetsi la tsoe mahã?


Eye gbea ɖe ɖi va egbɔ bena: Petro, tsi tre, wu wo naɖu.


Eye meɖo ŋu bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nam bena: Nye enye Yesu, Nazaretetɔ, amesi yome tim nèle.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite