Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Egblɔ na wo bena: Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 1:7
13 Referans Kwoze  

Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, amea ɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.


Ke le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la amea ɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko.


ke anyinɔnɔ ɖe nye nuɖusi kple mia me la, menye tɔnye be, mana o, negbe amesiwo wodzrɛ ɖo ɖi na la ko.


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;


hena azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe nuɖoanyi, bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la;


Eye wòadze yi nu, eye woaɖe wo aboyo ayi ɖe dukɔwo katã dome, eye trɔ̃subɔlawo latu afɔ Yerusalem dzi, halase esime woawu trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la nu.


Ke nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.


esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi,


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Egblɔ na wo bena: Ele me bena, miano nye kplu la, eye mawutsi, si woade ta nam la, woadee ta na miawo hã; ke anyinɔnɔ ɖe nye nuɖusi me kple mia me la, eya menye tonye be, mana o, negbe amesiwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la ko.


Nukaŋuti ŋusẽkatãtɔ meɖo nuxi ɣeyiɣiatvo o, eye xɔlɔ̃awo mekpɔa eƒe ŋkekewo o?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite