Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Dɔwɔwɔwo 1:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye esime wole dziƒo kpɔm gã le eƒe yiyi me la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre ɖe wo gbɔ le awu ɣi me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa.

Gade chapit la Kopi




Dɔwɔwɔwo 1:10
12 Referans Kwoze  

Eye wòva ve me, esi wotsi dzodzodzoe le esia ŋuti la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre de wo gbɔ le awu ʋlaya dadzowo me;


eye wòkpɔ mawudɔla eve le awu ɣi me le anyinɔƒe, ɖeka le tade, eye ɖeka le afɔde le afisi Yesu ƒe kuku la mlɔ.


Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae! Eye wògblɔ nam bena: Amesiawo nye amesiwo ɖo go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.


Eye esi woyi ɖe yɔdo la me la, wokpe ɖekakpuia ɖe le nuɖusi gome le anyinɔƒe, eye wòdo awu ɣi ʋlaya, eye dzidzi ƒo wo.


Eye Kornelio gblɔ be: Egbee nye ŋkeke eneagbe, esi metsi nu ɖo vaseɖe gaƒoƒo sia dzi, eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la mele gbe dom ɖa le aƒenye me, eye kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le tsitre ɖe ŋkunye me le awu, si le dzo dam la me,


Eye eƒe kpɔkpɔme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene;


Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?


Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi eye amegã ɖeɖia ɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi.


Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋeea ɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze.


Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio!


Eɖo ŋu bena Ebia nu sesẽ. Ne èkpɔ be, wotsɔm dzoe le gbɔwò la, ekema ava me na wò; ke ne mele alea o la, ekema mava me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite