5 Mose 9:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191326 Eye medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, megagblẽ wò dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ la o, dukɔ, si neɖe kple wò ŋusẽ gã, eye nètsɔ wò asi sesẽ kplɔe tso Egipte. Gade chapit laAgbenya La26 “Medo gbe ɖa na Yehowa be, Aƒetɔ Yehowa, mègatsrɔ̃ wò ŋutɔ wò amewo o. Wò ŋutɔ wò domenyinu si nèɖe kple wò ŋusẽ triakɔ, eye nèɖe wo tso Egipte kple asi sesẽ. Gade chapit la |