Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 9:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Elabena dziku kple dɔmedzoe, si Yehowa do ɖe mia ŋu, be yeatsrɔ̃ mi la, dzi ŋɔ nam; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Mevɔ̃ ɖe mia nu ŋutɔŋutɔ, elabena Yehowa ɖo vevie be yeatsrɔ̃ mi. Ke egaɖo tom ɣe ma ɣi hã.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 9:19
19 Referans Kwoze  

Ke metsi to la dzi ŋkeke blane kple zã blane abe tsã ene; eye Yehowa se nye gbe ɣemaɣi hã, eye Yehowa be, yemagatsrɔ̃ wò o.


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Yehowa ɖo ŋu na Mose bena: Mawɔ nya, si negblɔ la hã dzi, elabena meve nuwò, eye menya wò kple wò ŋkɔ.


Eye Yehowa ɖe asi le vɔ, si wòɖo ɖe eƒe dukɔ ŋuti la ŋu.


Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la!


Mieɖo dziku na Yehowa le Xoreb gbɔ, eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu be, yeatsrɔ̃ mi.


eye ale ɖeɖetia la nye ŋɔdzinu gã ŋutɔ bena, Mose gblɔ be: Mele vɔvɔ̃m, eye mele dzodzom nyanyanya. —


Eɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò le wò dukɔ blibo la ŋku me, eye mawɔ nukunu, siwo womewɔ le anyigba blibo la dzi kple dukɔwo katã dome kpɔ o la: eye dukɔ blibo, si dome nèle la, akpɔ Yehowa ƒe nukunuwo, elabena nusi mawɔ kpli wò la, adzi ŋɔ.


Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔ ɖe Aron hã ŋu be, yeatsrɔ̃e; ke meɖe kuku ɖe Aron hã ta ɣemaɣi.


ne Yehowa magado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye woatu dziƒo nu, bena tsi magadza, eye anyigbadzĩnuwo nagbe wɔwɔ o, eye miatsrɔ̃ ava le anyigba, si Yehowa le mia na ge la dzi amloamlo o.


Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,


Tete dukɔ la do ɣli na Mose, eye Mose ɖe kuku na Yehowa, enumake dzo la tsi.


Wowɔ nyivi le Xoreb gbɔ, eye wode ta agu na legba kɔkɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite