Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ɖe asi le ŋunye, ne matsrɔ̃ wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò nazu dukɔ, si asẽ ŋu, eye wòasɔ gbɔ awu wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ɖe asi le ŋunye matsrɔ̃ wo, matutu woƒe ŋkɔwo ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò boŋ wò dzidzimeviwo woazu dukɔ si akpɔ ŋusẽ, eye wòalolo wu Israel.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 9:14
19 Referans Kwoze  

Yehowa aɖee ɖa le Israel ƒe toawo katã me, eye wòana dzɔgbevɔ̃e nava edzi, abe alesi nubabla ƒe fiƒode, siwo katã woŋlɔ ɖe sea ƒe agbalẽ me la le ene.


Elabena woe tso nye nya kple nye kodzoɖoɖo la wode go; ebɔbɔ nɔ fiazi dzi, wò ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele.


Woatsrɔ̃ eƒe dzidzimeviwo, eye woƒe ŋkɔ netutu ɖa le ƒome, si adze eyome la me!


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


Eye Yehowa gblɔ nam bena; Megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ƒe nyui ta o.


Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.


Megblɔ be: Maɖo ƒuƒu ɖe wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le amegbetɔwo dome hafi,


ɖe míagada wò seawo dzi, eye míado ƒome kple dukɔ nyɔŋuwoa? Ɖe màdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu, vaseɖe esime miatsrɔ̃ avɔ, eye amea ɖeke makpɔtɔ alo asi oa?


Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la!


Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko ɖewo ta o, megado gbe ɖa ɖe wo ta o, eye megaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemasee na wò o.


anye ne wò ƒome ano abe ke ene, eye wò dɔmeviwo abe kekui ene; eye womatsrɔ̃ wò ŋkɔ alo atutui ɖa le ŋkunye me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite