Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 8:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye megabu le ɖokuiwò me be: Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 8:17
17 Referans Kwoze  

Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.


Elabena ameka na nèto vovo ma? Eye nukae le asiwò, si mèxɔ oa? Ke ne wò hã nèxɔe la, nukaŋuti nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe ene oa?


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Alakpanudanu le Kanaan si, amebaba vivia enu.


Ne abu le wò dzi me be: dukɔ siawo sɔ gbɔ wum, aleke mate ŋu anyã wo hã la,


Eyata wòsavɔ na eƒe ɖɔ, eye wòɖo dzudzɔ na eƒe aguɖɔe; elabena woawoe na eƒe gome ɖa ami, eye eƒe nuɖuɖu sɔ gbɔ fũ.


Eye Yehowa gblɔ na Gideon bena: Amesiwo le ŋuwò la, sɔ gbɔ akpa be, matsɔ Midiantɔwo ade asi na wo; ne Israel magaƒu asi akɔ ɖe ŋunye agblɔ bena: nye ŋutɔ nye asi metsɔ xɔ na ɖokuinye o!


Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii.


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


Ke Dawid gblɔ bena: Nɔvinyewo, migawɔ alea o! Yehowae tsɔ nu siawo na mi, ekpɔ mia ta, eye wotsɔ adzoha, siwo va dze mía dzi la, de asi na mí.


ne mekpɔ dzidzɔ be, nye kesinɔnuwo sɔ gbɔ, eye nye alɔ wɔ dɔ kpɔ nu geɖe;


nuɖiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li;


Ale Yehowa gblɔ esi; Nunyala megaƒo adegbe le eƒe nunya ŋu o, ŋusẽtɔ megaƒo adegbe le eƒe ŋusẽ ŋu o, eye kesinɔtɔ megaƒo adegbe le eƒe kesinɔnu ŋu o;


wò nunya geɖe kple wò asitsatsa nètso kpo kesinɔnui kpaŋkpaŋ, eye wò dzi de asi dàda me le wò kesinɔnuawo ta —


exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite