Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 8:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 eye naŋlɔ amesi kplɔ wò to gbe gã dziŋɔ ma dzi, afisi da vɔ̃wo kple dziɖegbewo le, afisi tsi vena le, eye wòna tsi ɖo tso agakpe sesẽ la me,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me!

Gade chapit la Kopi




5 Mose 8:15
16 Referans Kwoze  

Tete Yehowa ɖo da vɔ̃ɖiwo ɖe dukɔ la dome, eye woɖu dukɔ la, eye ame geɖe ku le Israel.


Eye Mose ko eƒe asi dzi tsɔ eƒe atikplɔ ƒo agakpe la zi eve, tete tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo no.


Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


amesi na agakpe zu tsíta, eye ahliha zu tsidzɔƒe!


Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.


Melé ŋku ɖe ŋuwò la gbegbe, le kuɖinyigba dzi.


Eye wo katã wono gbɔgbɔ me nunono ma ke, elabena wono tso gbɔgbɔ me kpe gbadza, si dze wo yome la me: ke kpe gbadza lae nye Kristo.


Bleziblezi azu tà, eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe; amegãxiwo nɔƒe, afisi wotsyɔa akɔ ɖo la, azu aƒla kple avawo teƒe.


Eya, amesi na eƒe dukɔ la to gbedzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Enu agakpe nu, eye tsi ɖuɖu hesi le gbegbe abe tɔsisi ene.


Ekplɔe, wonyã avuzi le anyigbawo dzi, eye wòna woɖu gbemekutsetsewo. Ena anyitsii tso agakpe la me wono kple amii tso kpekui sesẽwo me.


Nya ɖe dziehe-nyigba ƒe lãwo ŋu. Le hiã kple xaxa ƒe anyigba dzi, afisi dzatanɔ kple dzatatsu dona tsona, afisi ƒli kple da toaʋala le la, afima wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo ƒe mẽdome kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa kposɔwo ƒe kpo dzi tsonɛ yia dukɔ, si mele viɖea ɖeke me o la gbɔ.


Kpɔ ɖa, mele nu yeye wo ge; ele nu dom ɖa xoxo, miedze sii oa? Mana mo tata naɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo nado gbegbe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite