Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 8:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke kpo nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa, wò Mawu be, eye nagbe eƒe sewo, kɔnuwo kple ɖoɖowo, siwo megblɔ na wò egbe la dziwɔwɔ o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 8:11
19 Referans Kwoze  

Woƒe ŋku dzo le Mawu, woƒe xɔnametɔ ta dzi, amesi wɔ nu gãwo le Egipte,


Elabena gegemewo ƒe godzedze wua woawo ŋutɔwo, eye bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.


ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: „Amekae nye Yehowa hã“ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahaɖa aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.


Ne miekpɔ gboawo la, ekema miaɖo ŋku Yehowa ƒe seawo katã dzi, eye miawɔ wo dzi, bena miagadze miaƒe dziwo kple ŋkuwo yome awu nusi wodi la o.


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


hafi nado ɖokuiwò ɖe dzi, eye naŋlɔ Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la be o;


Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!


eye nèŋlɔ Yehowa, wɔwòla, amesi he dziƒo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be, eye nèle dzodzom nyanyanya gbawotsyogbe ɖaa le ameteɖeanyigba ƒe dziku ta, ne eɖo be, yeagblẽ wo? Afika ameteɖeanyila ƒe dziku le azɔ?


eɖanye avɔ alo nusi wotsɔ ɖeti alo lãfu lɔ̃e o, eɖanye lãgbalẽ alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe o,


Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


eye xɔwo yɔ fũ kple nu nyui, siwo menye wòe de wo me o, afisi vudo, siwo menye wòe ɖe wo o, kple weingble kpakple amitibɔ, siwo menye wòe tso wo o la le, eye nèɖu nu ɖi ƒo la,


Eyata lé se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo megblɔ na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


ekema milé se kple ɖoɖo, siwo medo mia ŋku me egbe la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi.


Eye Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be, eye wosubɔ Baalwo kple Aserawo.


Wo amesiwo di be, yewoatsɔ yewoƒe drɔ̃ekuku, siwo wo dome amesiame li na ehavi la, ana nye dukɔ naŋlɔ nye ŋkɔ be, abe alesi wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be le Baal ŋuti ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite