Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Menye esi miesa gbɔ wu dukɔwo katã ta Yehowa ku ɖe mia ŋu, eye wotia mi ɖo o, elabena miele ʋee le dukɔwo katã dome;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Etia wò, eye wòkɔ eƒe lɔlɔ̃ ɖe dziwò duu, menye esi nènye dukɔ si lolo wu bubuawo ta o, elabena wòe nye suetɔ kekeake le dukɔwo dome!

Gade chapit la Kopi




5 Mose 7:7
22 Referans Kwoze  

Fofowòwo le ame blaadre hafi va Egipte, ke azɔ la Yehowa, wò Mawu, na mèsɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Ke ne etso amenuveve me la, magatso dɔwɔwɔwo me o, elabena ekema amenuveve maganye amenuveve o; ke ne etso dɔwɔwɔwo me la, meganye amenuveve o, elabena ekema dɔwɔwɔ maganye dɔwɔwɔ o.


Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo mielɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.


Alo zemela mekpɔa ŋusẽ ɖe tsu dzi bena, wòatsɔ anyi, si wonyã la ƒe ɖe amè ze, si ŋu bubu le la, eye wòagatsɔ eƒe ɖe hã amè ze, si ŋu bubu mele o lae mahã?


Menye míawo o, Yehowa, menye míawo ŋu nade bubui o, ke boŋ wò ŋkɔ la ŋue le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta!


Eyata azɔ la ekpɔa nublanui na amesi ke wòlɔ̃na be, yeakpɔ nublanui na, eye wòsẽa dzime na amesi ke wòlɔ̃na be, yeasẽ dzime na.


Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo la ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la na mi.


Elabena agbo la le biie, eye mo la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.


Miɖe ŋku ɖe mia fofo Abraham kple Sara, si dzi mi; elabena eya ɖeka meyɔ, eye meyrae wòdzi ɖe dzi.


Mikpɔ lɔlɔ̃ gã, si ƒomevi Fofo la tso ke mi la ɖa, bena woayɔ mí be mawuviwo! Eyata xexeame medze si mi o; elabena medze si eyama hã o.


Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Elabena elɔ̃ fofowòwo, eyata wotia wo megbeviwo, eye eya ŋutɔ kpamkpam tsɔ eƒe ŋusẽ gã kplɔ wò tso Egipte,


afisi miele ʋee le, eye miaƒe xexlẽme mede naneke nu o, kple afisi míenye amedzroe le.


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Esime womede ha o, wole ʋee, eye wonye amedzro le edzi ko,


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, menye mia ta mele ewɔm ɖo o, ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe, si mieɖo gui le dukɔwo dome, afisi míeyi la lae.


elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la, eye Yehowa tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, ne nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


Mi eƒe dɔlawo, Abraham-ƒomeawo, mi eƒe ame tiatiawo, Yakob-viwo,


Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite