Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Megado ƒome kpli wo, ne natsɔ viwònyɔnu na wo viŋutsu alo aɖe wo vinyɔnu na viwòŋutsu o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Mègaɖe srɔ̃ tso wo dome o, eye mègaɖe mɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo naɖe wo vinyɔnuwo kple wo viŋutsuwo o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 7:3
14 Referans Kwoze  

Dukɔ, tsiwo ŋu Yehowa gblɔ la na Israel-viwo bena: Migaɖe wo dome o, eye woawo hã megava mia dome o, elabena woava trɔ miaƒe dziwo ɖe woƒe mawuwo ŋu la, ŋuti Salomo ku ɖo, eye wòlɔ wo.


eye nata Yehowa, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam be, maɖe srɔ̃ na vinye atso Kanaantɔ, siwo dome mele la ƒe nyɔnuviwo dome o;


Fofoa kple dadaa gblɔ nɛ bena: Ɖe nyɔnua ɖeke mele nɔviwòwo ƒe vinyɔnuwo kple nye dukɔ blibo la dome o, eyata nayi aɖade srɔ̃ tso Filistitɔwo, siwo nye bolotɔwo la domea? Simson gblɔ na fofoa bena: Ɖee nam, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Eyata migatsɔ mia vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo o, eye migaɖe woƒe vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o; migadi woƒe ŋutifafa kple woƒe nyui tegbee o, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu, eye miaɖu anyigba dzi nu nyuitɔwo, eye miagblẽe ɖi na mia viŋutsuwo wòanye wo tɔ tegbee.


Eyata mina míabla nu kple mía Mawu la, ne míaɖe nyɔnuawo katã kple vi, siwo wodzi la ɖa, le nye aƒetɔ kple amesiwo vɔvɔ̃ ɖo le mía Mawu ƒe sea ŋu la ƒe aɖaŋuɖoɖo nu, eye woawɔe le se la nu!


wokpe ɖe wo nɔvi, siwo nyee bubumewo la ŋu, eye wota nu heka atam be, yewoazɔ ɖe Mawu ƒe se, si woɖe to Mawu ƒe dɔla Mose dzi la nu, eye yewoalé Yehowa, mía Aƒetɔ ƒe sewo katã, kɔnuwo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye yiewoawɔ wo dzi.


Esi wòwɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃wo la, nu tsɛ ko wònye ne; eye wòɖe Zidon-fia Etbaal ƒe vinyonu Izebed, eye wòyi ɖasubɔ Baal hede ta agu nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite