Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 7:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Yehowa, wò Mawu, atsɔ wo ade asi na wò, eye zi gãa ɖe aƒo ɖe wo dome, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ke Yehowa, wò Mawu la atsɔ wo ade asi na wò, ana woatɔtɔ va se ɖe esime woatsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 7:23
11 Referans Kwoze  

amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,


Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.


Ŋu nekpe yonyemetilawo, ke nye la, ŋu megakpem o, dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. He dzɔgbevɔ̃eɣi va wo dzi, eye nagbã wo gudugudu agagbã wo ɖe dzi!


Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene.


Eyata nyae egbea bena, Yehowa, wò Mawu, si nye dzo binu la, dze ŋgɔwò yi toa godo, eya ŋuta atsrɔ̃ wo, eye woaɖu wo dzi le ŋgɔwò, be nanyã wo, eye natsrɔ̃ wo amloamlo, abe alesi Yehowa do ŋugbe na wò ene.


miatsrɔ̃ abe dukɔ, siwo Yehowa be, yeatsrɔ̃ ɖa le mia ŋgɔ la ene, le esi mieɖo to Yehowa, mia Mawu, ƒe gbe o la ta!


Eye Yehowa ƒe asi hã le wo ŋu, vaseɖe esime wotsrɔ̃ vɔ keŋ le asaɖa la me.


Madɔ vɔvɔ̃, si le ŋunye la, ɖe ŋgɔwò, eye dukɔ, siwo katã dome nava la, alulu, eye wò futɔwo katã asi le ŋgɔwò.


Eye Yehowa na wolulu le Israel ŋku me, eye wòsi wo le Gibeon gbɔ tɔtɔtɔ, eye woli wo yome vaseɖe Bet-Xoron-mɔ dzi, eye wòsi wo vaseɖe Aseka kple Makeda ke.


Eye Yehowa tsɔ yi de zi Sisera kple eƒe tasiaɖamwo katã kple eƒe aʋakɔ blibo la me le Barak ŋgɔ, eye Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me heto afɔ si.


Ne Yehowa tsɔ wo ɖe asi le mia ŋku me la, ekema miwɔ wo pɛpɛpɛ ɖe se, siwo mede na mi la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite