Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 7:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 eye ɖo ŋku ŋusẽnuwɔwɔ, siwo nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si wodo ɖe dzi, siwo Yehowa, wò Mawu, tsɔ kplɔ wò la dzi. Alea ke Yehowa, wò Mawu, awɔ dukɔ, siwo katã vɔ̃m nele lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 miekpɔ kple miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo, xaxa sesẽwo, nukunuwo kple dzesi gãwo, asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi si Yehowa, wò Mawu la tsɔ kplɔ wò do goe la dzi la dzi nyuie. Yehowa, wò Mawu la awɔ nenema ke na ame siwo vɔ̃m nèle fifia.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 7:19
14 Referans Kwoze  

Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Ke Yehowa mena dzi mi, be miase nu gɔmee, mena ŋku mi, be míakpɔ nui, eye mena to mi, be miase nui vaseɖe egbe o.


kple asi sesẽ kpakple abɔ, si wodo ɖe dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


Eye mede se na Yosua ɣemaɣi bena: Wò ŋutɔ èkpɔ nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, wɔ fia eve siawo, eye alea ke Yehowa awɔ fiaɖuƒe, siwo katã dzi yim nèle lae.


Eye Yosua gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o, milé dzi ɖe ƒo, eye mise ŋu! Elabena alea Yehowa awɔ miaƒe futɔ, siwo katã mia kple wo miele aʋa wo ge lae.


Ke boŋ Yehowa enye mía Mawu, eyae kplɔ mía kple mia fofowo tso Egipte-nyigba dzi le kluvinyenyeƒe me, eye wòwɔ dzesi gã siawo le mía ŋku me, eye wòkpɔ mia ta le mɔ blibo, si miezɔ heto dukɔ geɖewo dome la dzi.


Elabena menye woawo ŋutɔ ƒe yi wotsɔ xɔ anyigba lae o, eye menye woawo ŋutɔ ƒe alɔe xɔ na wo o; ke boŋ wò nuɖusi kple wò alɔ kpakple wò ŋku me ƒe kekelie, elabena woƒe nu nyo ŋuwò.


Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋkuwò blemanukunuwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite