Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 7:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 megavɔ̃ wo o, boŋ ɖo ŋku nusi Yehowa, wo Mawu, wo Farao kple Egipte blibo la dzi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ke migavɔ̃ wo o! Miɖo ŋku nu si Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ Farao kple Egiptenyigba blibo la

Gade chapit la Kopi




5 Mose 7:18
25 Referans Kwoze  

Miɖo ŋu eƒe nukunu, siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe nu me fiatsotsowo!


Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o


Mebe: Nye kokoƒoƒo enye be, dziƒoʋitɔ la ƒe nuɖusi netrɔ!


Ke nyea megblɔ na mi bena: Dzidzi megaƒo mi o, eye migavɔ̃ o!


eye woƒe ŋku dzo le eƒe nuwɔwɔwo kple eƒe nukunu, siwo wòna wokpɔ la dzi.


Gideon ɖo ŋu nɛ bena: Tsoo, nye aƒetɔ! Ne Yehowa li kpli mi ɖe, nukaŋuti nusiawo katã dzɔ ɖe mia dzi? Eye afika eƒe nukunu, siwo katã ŋu mía fofowo nɔa dze ɖom le na mí be, Yehowa kplɔ mí tso Egipte la le? Azɔ Yehowa tutu mí ƒu gbe, eye wòtsɔ mí ɖe asi na Midiantɔwo.


Eye mietsrɔ̃ du sia ɖu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple vidziewo, abe alesi mietsrɔ̃ fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene.


Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.


Palti, Rafu vi, tso Benyamin-to la me;


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Megavɔ̃e o, elabena metsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba de asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon la ene.


Kpɔ ɖa, Yehowa, wò Mawu, tsɔ anyigba, si le ŋkuwò me la, na wò, yi naxɔe wòanye tɔwò, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu, do ŋugbee na wò ene; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o!


Yehowa, mia Mawu, dze mia ŋgɔ, eye awɔ aʋa na mi, abe alesi wòwɔ na mi le Egipte miekpɔ ene,


Ne Yehowa tsɔ wo ɖe asi le mia ŋku me la, ekema miwɔ wo pɛpɛpɛ ɖe se, siwo mede na mi la nu.


Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o! Tsɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, eye tso, nayi ɖe Ai, kpɔ ɖa, metso Ai-fia kple eƒe dukɔ, eƒe du kple eƒe anyigba de asi na wò,


Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋkuwò blemanukunuwo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite