Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 7:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ne abu le wò dzi me be: dukɔ siawo sɔ gbɔ wum, aleke mate ŋu anyã wo hã la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ɖewohĩ miabia mia ɖokuiwo be, “Dukɔ siawo sesẽ wu mí, aleke míate ŋu awɔ anya wo ɖa?”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 7:17
14 Referans Kwoze  

Eye miaxɔ anyigba la wòanye mia to miano edzi; elabena miawoe metsɔ anyigba la na, be wòanye mia to.


Eye wode vɔvɔ̃ anyigba, si dzi wotsa ŋku le la, ŋu na Israel-viwo be: Anyigba, si dzi miede ɖatsa ŋku le la, le edzinɔlawo mim, eye dukɔ, siwo katã le edzi la, nye ame kplalawo sɔŋ.


Ke esi Yesu kpo woƒe dzimesusuwo la, etso ɖevia ɖe ɖo exa;


Eye àgblɔ le wò dzi me be: Woɖe vi le ŋunye, eye metsi ko, wode aboyom, eye wonyãm de gbe tso, ameka dzi esiawo nam? Ameka nyi wo wotsi? Kpɔ ɖa, nye ɖeka ko wogblẽ ɖi, afika woawo ya no?


Azɔ see, wò agbe vivi ɖula, si li bɔkɔɔ, eye nèle gbɔgblɔm le wò dzi me be; Nye koe, ɖeke megali o, nyemazu ahosi o, eye womaɖe vi le ŋunye o.


Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake;


Ne abu le wò dzi me bena: Aleke miate ŋu adze si nya, si Yehowa megblɔ o la?


Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o;


Eye megabu le ɖokuiwò me be: Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o;


Ne ègblɔ le wò dzi me be: Nukata nusia dzɔ ɖe ye dzi hã la, le wò vodada gbogboawo tae woklo taɖedzi le ŋuwò, eye woɖe ƒuƒlu wò afɔkpodzi ɖo.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Megavɔ̃e o, elabena metsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba de asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon la ene.


Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite