Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 6:6
22 Referans Kwoze  

Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Bla wo ɖe wò asibidewo ŋu, eye naŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi.


Eyata mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me, mibla wo ɖe asi ŋu abe dzesi ene, eye mibla woɖe ŋgonu le ŋudome.


Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o.


elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ.


egblɔ na wo bena: Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, naɖe dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne wòalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.


Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o!


Eye esi le anyigba nyui la me la, woawo nye amesiwo se nya la kple dzi nyui, si dza, eye wòlé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.


Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.


Eye wòyi kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòbɔbɔ eɖokui na wo, eye dadaa tsɔ nya siawo katã dzra ɖo ɖe eƒe dzi me.


Wò se la wɔm nunyalae wu nye futɔwo, elabena tɔnyee wonye tegbee.


Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye.


le nyateƒe, si nɔa mía me, eye wòanɔ anyi kpli mí ɖaa la ŋuti:


Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham.


Elabena eƒe sewo katã le ŋkunye me, eye nyemeɖe eƒe ɖoɖowo ɖa le gbɔnye o.


eye ŋlɔ wo ɖe wò xa ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo ŋu,


Matsɔ nye nuyiwo axlẽ wò nu me ɖoɖowo katã afia.


Metia nyateƒemɔ, eye metsɔ wò ɖoɖowo tu enyi ɖe ŋkunye me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite