Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 6:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 ke èkplɔ miawo va tso afima, bena wòakplɔ mi ayii, ne wòatsɔ anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na mía fofowo la na mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 6:23
7 Referans Kwoze  

Wɔ nusi dzɔ, eye wònyo le Yehowa ŋku me, bena eme na-nyo na wò, eye nayi aɖaxɔ anyigba nyui, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo la,


Ne Yehowa, wò Mawu, kple wò va anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob bena, yeatsɔe na wò dzi, afisi du gã nyui, siwo menye wòe tso wo o la le,


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Ne Yehowa akplɔ wò ava Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi la, ekema naɖo ŋku subɔsubɔ sia dzi.


Ƒome vɔ̃ɖi sia dome ŋutsua ɖeke makpɔ anyigba nyui, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo fofowo la o;


eye Yehowa wɔ dzesi kple nukunu gã dziŋɔwo le Egipte, ɖe Farao kple eƒe aƒe blibo la ŋu miekpɔ;


Eye Yehowa de se na mi bena, míawɔ ɖoɖo siawo katã dzi, míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu la, bena wòanyo na mí ɣesiaɣi, ne mianɔ agbe, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite