Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 6:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne Yehowa, wò Mawu, kple wò va anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob bena, yeatsɔe na wò dzi, afisi du gã nyui, siwo menye wòe tso wo o la le,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 6:10
15 Referans Kwoze  

Metso anyigba, si ŋu miedze agbagba le o la, na mi kple ɖu, siwo mietso o la, be mianɔ wo me, eye metsɔ weinbɔ kple amitibɔ, siwo mietso o la, na mi, be miaɖu wo me nuwo.


Etsɔ dukɔwo ƒe anyigbawo na wo, ne woaxe nusi dukɔwo dagba kpɔ la, woanye wo tɔ;


Woxɔ nu sesẽwo kple anyigba wɔnuwo, eye woxɔ aƒe, siwo me kesinɔnu geɖewo le fũ, kple vudo ɖeɖewo, weingblewo kple amitiwo kpakple ati tseku ɖuɖuawo taŋtaŋ; woɖu nu ɖi ƒo ɖa ami, eye wonɔ agbe vivi le wò kesinɔnu geɖeawo me.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi.


Le ŋkeke ma dzi Yehowa bla nu kple Abram gblɔ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia, si tso Egipte-tɔsisi la nu vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu ana:


Eye wòkpɔ Yehowa le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ bena: Nye enye Yehowa, fofowò Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu: Anyigba, si dzi nèmlɔ la, màtsɔe ana mia kple wò dzidzimeviwo.


Israel, see, èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la,


Ne Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ dukɔ, siwo ƒe anyigba Yehowa, wò Mawu be, yeatsɔ na wò, eye nènyã wo hele woƒe duwo kple xɔwo me la,


Elabena makplɔ wo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo fofowo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye woaɖu nu aɖi ƒo, akpɔ lãme, emegbe wòadze mawu bubuwo yome asubɔ wo, ke nye la wòado vlom, eye woatu nye nubabla la.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Wɔ nusi dzɔ, eye wònyo le Yehowa ŋku me, bena eme na-nyo na wò, eye nayi aɖaxɔ anyigba nyui, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo la,


ke èkplɔ miawo va tso afima, bena wòakplɔ mi ayii, ne wòatsɔ anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na mía fofowo la na mí.


eye naɖu nu aɖi ƒo, atu xɔ nyuiwo ano me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite