Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 eye menɔ mia kple Yehowa dome ɣemaɣi, bena magblɔ Yehowa ƒe nyawo na mi, elabena miele dzo lã vɔ̃m, eye mieha to la o. Eye wògblɔ bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi. Nya siwo wògblɔ la woe nye:

Gade chapit la Kopi




5 Mose 5:5
15 Referans Kwoze  

Azɔ la, nuka ta se la li ɖo? Vodadawo ŋuti wotsɔe kpe ɖe eŋuti, vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi ƒome, si ŋugbe wodo ɖi la ava, eye woto mawudɔlawo dzi ɖoe anyi to avuléla si me.


Eye le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodoa ɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. Tete dukɔ blibo, si le asaɖa me la, de asi dzodzo me nyanyanya.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.


Tete wòbe, yeatsrɔ̃ wo, ɖe menye eƒe ame tiatia Mose ye tsi tre ɖe gbagbãƒe le eŋku me, ne wòafa eƒe dziku nu, be magagblẽ nu o la!


Yi nagblɔ na wo bena: Migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo gbɔ!


Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ɖi yi ɖaxlɔ̃ nu dukɔ la bena, womegagbɔ liƒo la me, ava Yehowa gbɔ, nu kpo ge o, elabena wo dometɔ geɖewo ava ku.


Tete Mose ɖi yi dukɔ la gbɔ, eye wògblɔe na wo.


Eɖe nuxeƒewo ɖa, eye wògbã aƒeliwo, elã Aserawo, eye wògbã akɔblida, si Mose wɔ la; elabena Israel-viwo do dzudzɔ nɛ vaseɖe ɣemaɣi, eve wòna ŋkɔe be Nexustan.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite