Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 4:5
24 Referans Kwoze  

miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eye Mose la nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me abe subɔla ene, bene wòaɖi ɖase le nusiwo woava gblɔ la ŋuti;


Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


Elabena nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mia nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu,


Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu.


Ɖe seawo kple ɖoɖoawo me na wo, eye nafia mɔ, si woato kple nusi woawo la wo.


se, siwo Yehowa de na Mose le Sinai-to la dzi, le gbesigbe wòde se na Israel-viwo le Sinai-gbedzi, be woasa va na Yehowa.


Esiawo nye ɖoɖowo, sewo kple mɔnufiamewo, siwo Yehowa ɖo eya ŋuta kple Israel-viwo dome, eye wòde asi na Mose le Sinai-to la dzi.


Esiawo nye se, siwo Yehowa gblɔ na Mose le Sinai-to la dzi, be woade na Israel-viwo.


Migatsɔ nyaa ɖeke kpe se, siwo ɖe ge mala na mi la o, eye migaɖe ɖeke le edzi o; ke boŋ miwɔ Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo de ge mala na mi la dzi.


ke mi, amesiwo ku ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu la, mietsi agbe va do egbee.


Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.


eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!


Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,


Eyata lé se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo megblɔ na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Ke kpo nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa, wò Mawu be, eye nagbe eƒe sewo, kɔnuwo kple ɖoɖowo, siwo megblɔ na wò egbe la dziwɔwɔ o;


ekema milé se kple ɖoɖo, siwo medo mia ŋku me egbe la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi.


Tete Yehowa gblɔ nam be: Ɖe gbe ƒã nya siawo katã le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo bena: Mise nubabla sia ƒe nyawo, eye miwɔ wo dzi.


Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite