Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 4:46 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

46 le Yordan ƒe go keme dzi, le tagba le Bet-Peor kasa, le Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la, ƒe anyigba dzi, amesi Mose kple Israel-viwo si, le esime woʋu tso Egipte.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

46 Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 4:46
14 Referans Kwoze  

Eye míetsi bali la me le Bet-Peor kasa.


Eye woxɔ eya kple Og, Basan-fia, siwo nye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ƒe anyigba le Yordan godo, le ɣedzeƒe gome, wòzu wo tɔ;


Ale míexɔ anyigba le Amoritɔwo ƒe fia eveawo si ɣemaɣi le Yordan ƒe go keme dzi, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ, —


Míaxɔ domenyinu ɖe wo ti le Yordan godo o, elabena míaƒe domenyinu le Yordan ƒe go si dzi, le ɣedzeƒe gome.


Esia nye nu, si Mose ƒo na Israel katã le Yordan ƒe go keme dzi le gbedzi, le Suf-tagba kasa, le Paran kple Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab dome,


Esiawo nye ɖaseɖiɖi kple ɖoɖo kpakple se, siwo Mose gblɔna Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte,


Eye wòɖii ɖe bali la me le Moab-nyigba dzi le Bet-Peor kasa; ke amea ɖeke menya eɖiƒe vaseɖe egbe o.


Eye wowu eya ŋutɔ kple viaŋutsuwo kpakple eƒe dukɔ blibo la, ale bena amea ɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o.


Esiawo nye anyigba dzi fia, siwo dzi Israel-viwo ɖu, amesiwo ƒe anyigba woxɔ le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, tso Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Xermon-to la gbɔ kple gbadzaƒe blibo, si le ɣedzeƒe:


Medɔ teamekplɔɖoewo ɖe mia ŋgɔ, eye wonyã Amoritɔwo ƒe fia eveawo le mia ŋgɔ; menye wò yi kple wò dae wɔe o.


Etsɔ fiaduƒewo kple dukɔwo, siwo nèkaka ɖe afisiafi la, de asi na wo; eye woxɔ Sixon ƒe anyigba, Xesbon-fia ƒe anyigba kple Basan-fia Og ƒe anyigba wonye wo ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite