Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 4:42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

42 bena ne amea ɖe mebua wu xɔlɔ̃via o, eye melé fui hafi o la, ne wòasi ayi afima, wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, bena woatsi agbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

42 ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 4:42
7 Referans Kwoze  

bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Eye du, siwo miatsɔ na Lewitɔwo la, dometɔ ade nanye sitsoƒeduwo, siwo me hlɔ̃dolawo nasi ayi ɖo, eye miatsɔ du blane vɔ eve akpe ɖe ŋu na wo.


Eye Mose tia du etɔ̃ le ɣemaɣi le Yordan godo le ɣedzeƒe gome,


Bezer le gbegbe le gbadzaƒenyigba dzi, si nye Ruben-viwo tɔ, kple Ramot le Gilead, si nye Gad-viwo tɔ, kpakple Golan le Basan, si nye Manase-viwo tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite