Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 4:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 4:27
23 Referans Kwoze  

Maka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome, eye maɖi yi anɔ mia yomee, miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe duwo azu glikpo.


Mesex kple Tubal kpakple woƒe amehawo katã le afima, eye woƒe yɔdowo ɖe to ɖe wo, bolotɔwo sɔŋ wonye, eye woda yi wo, elabena wode ŋɔdzi agbagbeawo ƒe anyigba dzi.


Eye ne mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mehlẽ wo ɖe anyigbawo dzi la, wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Tete woɖo ŋu nam bena: Ame mamle siwo susɔ tso aboyo me le anyigba dzi afima la, wole dzɔgbevɔ̃e gã kple ŋukpe me; wogbã Yerusalem ƒe gliwo, eye wotɔ dzo eƒe agbowo.


Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!


Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Lewi bena: Miehe dzɔgbevɔ̃e va dzinye, eye anyi gbadzinɔla, siwo nye Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo la, woalem ɖe fu me: kpɔ ɖa, ame ʋeea ɖewo koe míenye, eye ne woaƒo ƒu ɖe mia ŋu la, ekema woaɖu mía dzi, eye woatsrɔ̃m kple tɔnyetɔwo katã.


Nusi ɣla enye Yehowa, mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mia viwo to tegbee, be miawo se sia ƒe nyawo katã dzi.


ekema Yehowa, wò Mawu, aɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le dziwò, eye wòave nuwo, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, kaka mi ɖo la gbã.


Megblɔ be: Maɖo ƒuƒu ɖe wo, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le amegbetɔwo dome hafi,


Ena míede megbe le míaƒe futɔwo nu, eye míaƒe ketɔwo ha nu.


yeakaka wo viwo ɖe dukɔwo dome, eye yeahlẽ wo de anyigbawo dzi.


Kutsetse akpɔtɔ ɖe edzi hena nu dzɔdzɔe fɔlawo, abe alesi wogbea amitii ene, kutsetse eve alo etɔ̃ tsia eƒe ɖɔ mee, wo ame ene alo atɔ̃ nɔa ati tseku la ƒe alɔwo me, Yehowa Israel ƒe Mawu la gblɔe.


Eyata matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi ɖe anyigba, si mia kple mia fofowo mienya o la dzi, gama miasubɔ mawu tutɔwo le zã kple keli, elabena nyemele mia nu ve ge o.


Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, ne makaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi;


Makaka wò ɖe dukɔwo dome, mahlẽ wò ɖe anyigbawo dzi, eye mana wò ɖiƒoƒo nu natso le ŋuwò,


Aƒetɔ, tɔwò dzɔ, ke míawo kple Yuda-ŋutsuwo, Yerusalemtɔwo kple Israel blibo la, amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe le anyigba, siwo katã dzi nenyã wo ɖo ɖo le ʋu, si wotrɔ le yowòme ta la, mía tɔe nye ŋukpe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.


Yehowa akplɔ wò kple fia, si nava ɖo na ɖokuiwò la, ayi dukɔ, si mia kple fofowòwo mienyã o la dome, eye nasubɔ mawu bubuwo, siwo nye ati kple kpe.


Etsɔ mí na, ne woaɖu abe alẽwo ene, eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome.


Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meɖo mi ɖe dukɔwo dome ʋĩ, eye mekaka mi ɖe anyigbawo dzi, eye menye kɔkɔeƒe na mi vie le anyigba, siwo dzi mieyi.


Nye Mawu agbe wo, elabena womeɖo toe o, eye woanɔ tsa glãla tsam le dukɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite