Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 4:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eyata mikpɔ miaƒe agbe ta nyuie, elabena miekpɔ nɔnɔmea ɖeke le gbesigbe Yehowa ƒo nu kpli mi tso dzo me le Xoreb gbɔ la o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 4:15
22 Referans Kwoze  

Amekae miehe, yewoabu ɖe Mawu ŋu, eye nɔnɔme ka míebe, yewoatsɔ asɔ kplii?


Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ miaƒe agbe dzi, eye migatsɔ agba le dzudzɔgbe la dzi, ne miatsɔ ato Yerusalem-gbowo nu ava mee o.


Megadze ɖe ɖusi alo mia me o, te wò afa ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ.


Dza wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.


Aleke ɖekakpui alẽ eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee? Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu.


Eyata mikpɔ nyuie le miaƒe agbe ŋu, ne míala Yehowa, mia Mawu la.


Eye Yehowa ƒo nu kpli mi tso dzo la me, miese gbeɖiɖi, gake miekpɔ nɔnɔmea ɖeke o, negbe gbe ko miese.


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


Eyata mikpɔ nyuie, ne miagaŋlɔ nusi Yehowa, mia Mawu bia kpli mi la be o, eye migawɔ legba alo nusiwo Yehowa, wò Mawu, tsri na mi la, ƒe nɔnɔmea ɖeke na mia ɖokui o.


Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi la ɣleti etɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu, wova Sinai-gbedzi.


Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o.


Eye Yehowa de se nam ɣemaɣi bena, mafia ɖoɖoawo kple seawo mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


Megawɔ legbaa ɖeke na ɖokuiwò ɖe nusiwo le dziƒo afime kple anyigba dzi afi kpakple tsiwo me le anyigba dzi la, ƒe nɔnɔme ŋu o.


Ena nèse eƒe gbe tso dziƒo, bena wòafia nu wò, eye wòna nèkpɔ eƒe dzo gã la le anyigba dzi, eye nèse eƒe gbe tso dzo la me.


Yehowa ƒo nu kpli mi ŋku me kple ŋku me le to la gbɔ tso dzo me,


eye Yehowa tsɔ kpe eveawo, esiwo dzi Mawu tsɔ asibide ŋlɔ nu ɖo la nam; nya, siwo katã Yehowa gblɔ na mi tso to la dzi le dzo me le takpegbe la, le wo dzi.


Eye woŋlɔ nya ewoawo, siwo Yehowa gblɔ na mi tso to la dzi le dzo me le takpegbe la, ɖe kpeawo dzi abe tsã ene, eye Yehowa tsɔ wo de asi nam.


Le anyigbaʋuʋu yome la dzo va, ke Yehowa mele dzo la me o. Le dzo yome la ya bɔbɔea ɖe ƒo miaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite