Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 4:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 4:1
40 Referans Kwoze  

Elabena Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la ŋuti bena: „Amesi ke wɔ esiawo la, ano agbe to esia me.“


Milé se, siwo katã meɖe na mi egbea la me ɖe asi, eye miwo wo dzi, bena miano agbe, míadzi ɖe dzi, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo la wòanye mia to.


Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana amesi woa wo dzi la, nanɔ agbe. Nyee nye Yehowa.


Ne èse Yehowa, wò Mawu ƒe se, siwo mede na wò egbe, eye nèlɔ Yehowa, wò Mawu la, nèzɔ eƒe mɔwo dzi, eye nèle eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema anɔ agbe, eye adzi ɖe dzi, eye Yehowa, wò Mawu, ayra wò le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe la dzi.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!


Eyata milé ŋku ɖe nye seawo ŋu, eye miawo wo dzi. Nyee nye Yehowa!


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo katã kple nye seawo katã ŋu, eye miawɔ wo dzi. Nyee nye Yehowa!


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Nye dɔla Dawid anye fia ɖe wo nu, eye kplɔla ɖeka ana wo katã si, woazɔ ɖe nye sewo nu, eye woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


Maɖe nye gbɔgbɔ mia me, eye mana be, miazɔ ɖe nye ɖoɖowo kple nye sewo nu, ne mialé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.


Ke wo viwo sẽ to ɖe ŋunye, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, womelé nye sewo me ɖe asi, ne woawɔ wo dzi o, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ de wo ŋu le gbea dzi.


ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


Edo wò sededewo di, ne woalé wo me ɖe asi pɛpɛpɛ. Oo, ɖe ŋusẽ anɔ nye azɔlime ŋu, be malé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu!


ne woalé ŋku ɖe eƒe ɖoɖowo ŋu, eye woalé eƒe sewo me ɖe asi. Mikafu Yehowa!


Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe,


Nya dzɔdzɔe yome kokoko nadi, ne nanɔ agbe, eye naxɔ anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la wòanye tɔwò.


ekema milé se kple ɖoɖo, siwo medo mia ŋku me egbe la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi.


Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.


Esiawo nye ɖaseɖiɖi kple ɖoɖo kpakple se, siwo Mose gblɔna Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte,


Eye dukɔ gã kae li, si ƒe ɖoɖowo kple sewo to mɔ ɖeka abe se, siwo katã meɖo mia ŋku me egbea ene?


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miawo wo dzi, elabena nyee nye Yehowa, si ko mia ŋu.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.


Ɖe seawo kple ɖoɖoawo me na wo, eye nafia mɔ, si woato kple nusi woawo la wo.


Le ƒe blanelia me, le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi Mose ƒo nu kple Israel-viwo, abe alesi Yehowa ɖee asi nɛ na wo tututu ene;


eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.


eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,


Eye Yehowa de se na mi bena, míawɔ ɖoɖo siawo katã dzi, míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu la, bena wòanyo na mí ɣesiaɣi, ne mianɔ agbe, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Eyata lé se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo megblɔ na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Ke kpo nyuie, bena màgaŋlɔ Yehowa, wò Mawu be, eye nagbe eƒe sewo, kɔnuwo kple ɖoɖowo, siwo megblɔ na wò egbe la dziwɔwɔ o;


Israel, see, èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la,


Milé nusiwo katã ŋuti mede se na mi le la me ɖe asi, eye miwo wo dzi; migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le edzi o.


Tete Yosua gblɔ na Israel-viwo bena: Mite va ali, ne miase Yehowa, mia Mawu ƒe nya!


Tete Yehowa gblɔ nam be: Ɖe gbe ƒã nya siawo katã le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo bena: Mise nubabla sia ƒe nyawo, eye miwɔ wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite