Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 34:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye nunyagbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun vi fũ, elabena Mose da asi ɖe edzi. Eye Israel-viwo ɖo toe, eye wowɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 34:9
20 Referans Kwoze  

Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ, si nye nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ, adaŋu dede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ, sidzedze kple Yehowa vovo ƒe gbɔgbɔ la, anɔ edzi.


amesiwo wotsɔ ɖo apostoloawo ƒe ŋku me; eye esi wodo gbe ɖa vo la, wòda asi ɖe wo dzi.


Elabena amesi Mawu dɔ la, Mawu ƒe nyawo ŋuti wòƒoa nu lena; elabena mena Gbɔgbɔ la le dzidzenu nu o.


Eɖo tatɔ etɔ̃ wo nu, amesiwo dome Daniel le; woawoe amegãwo nabu akɔnta na, ne fia la magaŋe ɖe eme o.


Esi nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi, siwo le Yerixo, kpoe le adzɔge la, wogblɔ be: Eliya ƒe gbɔgbɔ le Elisa dzi. Eye woyi ɖakpee hede ta agu nɛ.


Esime woɖi go la, Eliya gblɔ na Elisa bena: Bia nusi mawɔ na wò, hafi woatsɔm adzoe le gbɔwò. Elisa gblɔ bena: Taflatse, maxɔ wò gbɔgbɔ ƒe akpa eve nu.


kpɔ ɖa, mewo abe alesi negblɔ ene, eye metsɔ dzi nyanu, si sea nu gome la, na wò, ale be towò tɔgbea ɖeke menɔ ŋgɔwò va yi o, eye tɔwò tɔgbea ɖeke madzɔ le megbewò o.


Eyata na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wo dukɔ, eye wòaɖe vovo nyui kple vɔ̃ dome, elabena ameka ale ŋu adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ gã sia?


amesi me woɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.


Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afima, eye maɖe gbɔgbɔ, si le dziwò la, ƒe ɖe ada ɖe wo dzi, bena woatso dukɔ la ƒe agba na wò ti, eye wò ɖeka matsɔe o.


eye metsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ, si fia nunya, gɔmesese, sidzedze kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ la, de eme fũ,


Megaɖo asi ame dzi kabakaba o, eye megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.


Megawɔ ƒome le amenuvevenunana, si le mewo, si wona wò to nyagblɔɖi me, esime hamemegãwo da woƒe asiwo ɖe dziwò la ŋuti o.


Eye Israel-viwo fa na Mose ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ le Moab-tagba. Emegbe wowu avifafa-ŋkekeawo kple funyinyi na Mose nu.


Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ.


Eye gblɔ na amesiwo katã mede nunya tagbɔ na, eye wònya adaŋu la bena, woatɔ Aron ƒe awuawo, ne woaɖoe nunɔla, be wòasubɔm.


Eye Salomo bɔbɔ nɔ Yehowa ƒe fiazikpui la dzi hezu fia ɖe fofoa Dawid teƒe, eye dzɔgbenyuie le eŋu. Israel blibo la ɖo toe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite