Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 34:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Mose xɔ ƒe alafa ɖeka blave hafi ku; ke eƒe ŋkuwo metsi o, eye agbe gale eŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 34:7
11 Referans Kwoze  

eye wògblɔ na wo bena: Ƒe alafa ɖeka blave enye si mexɔ egbe sia, nyemate ŋu agado o, eye nyemate ŋu agava me o. Yehowa gblɔ nam bena, nyematso Yordan sia o,


Esi Isak ku amegã ɖeɖi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale be megale nu kpɔm o la, eya via xoxoetɔ Esau gblɔ nɛ bena: Vinye! Eɖo ŋu nɛ bena: Nyee nye si.


Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ.


Ke Israel tsi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale bena megate ŋu le nu kpɔm o. Eye esi wòkplɔ wo te ɖe eŋu la, ekpla asi kɔ na wo heɖuɖɔ nu na wo.


Eye le ƒe blane megbe la Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le Sinai-tɔ la ƒe gbedzi le dzo ƒe aɖe me le ŋuve me.


Eye esi wòxɔ ƒe blane la, eɖo tame be, yeaɖakpɔ nɔvia Israel-viwo ɖa.


Mose xɔ ƒe blanyi, eye Aron xɔ ƒe blanyi vɔ etɔ̃, esime woƒo nu kple Farao.


Eye Israel-viwo fa na Mose ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ le Moab-tagba. Emegbe wowu avifafa-ŋkekeawo kple funyinyi na Mose nu.


Atsi aƒu ga, hafi ayi yɔ me, abe alesi wotsɔa lu bablawo va aƒee le woƒe ɣeyiɣi dzi ene.


Woatse ku le tsitsime ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite