Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 34:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 dziehe gome kple devedu Yerixo ƒe gbadzaƒe nusiwo me vaseɖe Zoar ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 34:3
8 Referans Kwoze  

Eye ŋutsu, siwo ŋkɔ woyɔ la, tsi tre xa aboyomeawo, wotsɔ awu tso aboyonuawo dome do na amesiwo katã le amama, wotsɔ awuwo kple; afɔkpawo, nuɖuɖu kple nunono na wo, wosi ami na wo, eye wotsɔ amesi wo katã gbɔdzɔ la, ɖo tedziwo dzi hekplɔ wo va wo nɔviwo gbɔ le devedu Yerixo me, eye wògagbugbɔ yi Samaria.


Eye wòda Amon-viwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woho aʋa va si Israel, eye woxɔ devedu la.


Eye Mose nyo, Keni ƒe viwo kpakple Yuda-viwo, ʋu tso devedu la me yi Yuda-gbedzi, si le Arad ƒe dziehe gome, eye wova no dukɔ la dome.


Ɖe abla yi afima kaba; elabena nyemate ŋu awɔ naneke o, vaseɖe esime naɖo afima. Eyata woyɔa ɖu la be Zoar.


wova wɔa aʋa kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia, kple Bela- alo Zoar-fia.


Miaƒe dziehekpa natso Zin-gbedzi amlo ato Edom ŋu. Ale miaƒe dzieheliƒo natso Dzeƒu la ƒe mlɔenu le ɣedzeƒe gome,


Tete Sodom-fia, Gomora-fia, Adma-fia, Zeboyim-fia kple Bela-alo Zoar-fia woho, eye wodze aʋa ɖe Sidim-gbadzaƒe


Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite