Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 33:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Wogblɔ le wo fofo kple wo dada ŋu be, yewo mele wo kpɔm o; womedze si wo nɔviŋutsuwo o, eye womenya woƒe viŋutsuwo o; ke boŋ woɖo to wò nyawo, eye wolé wò nubabla me ɖe asi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Ewɔ wò ɖoɖowo dzi, ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo, eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo, fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 33:9
17 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe va gbɔnye, eye melé fu fofoa kple dadaa kple srɔ̃a kple viawo kple nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo, ẽ, ye ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Ke eɖo ŋu gblɔ na amesi gblɔe nɛ la, bena: Amekae nye danye, eye amekawo nye nɔvinyewo mahã?


Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.


Ke azɔ la, ɖe megale nu ƒom, bena wòanyo amewo ŋu loo, alo Mawu ŋua? Alo ɖe mele didim bena, madze amewo ŋua? Ɖe megale amewo ŋu dzem la, anye ne nyemeganye Kristo ƒe dɔla o.


Eyata tso esia dzi la míenya amea ɖeke le ŋutilã nu o; ne míenya Kristo gɔ̃ le ŋutilã nu hã la, azɔ la miegale enyam nenema o.


Eye wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodiahawo ɖo ɖe legba gblɔ bena: Nufiala, míenye bena, nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe me, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o: elabena mèkpɔa amewo ƒe ŋku me o.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Eyata amegbetɔ navɔ̃e. Meléa ŋku ɖe amesiwo katã bua wo ɖokui nunyalawoe la ŋu o.


Oo Mawu, esia nye nu tsɛ le ŋkuwò me, hafi nègado nusi ava gbaɖegbe la ŋugbe ɖe wò dɔla ƒe aƒe ŋu, eye nèkpɔm, abe alesi amegbetɔ kpɔa nui enea? Yehowa Mawu, wò, amesi kɔm ɖe dzi!


Eya mekpɔ mɔ ava ame kukua ɖeke gbɔ o, eye magblẽ kɔ ɖo ɖe fofoa alo ɖada ŋu gɔ̃ hã o.


Eye Mose gblɔ na Aron kple viaŋutsuawo Eleazar kple Itamar bena: Migakaka miaƒe ɖawo ɖe ta o, eye migadze miaƒe awuwo o, ne miagaku, eye wòado dɔmedzoe ɖe ha blibo la ŋu o. Ke mia nɔviwo, Israel ƒe aƒe blibo la, nafa dzo, si Yehowa tɔ nu la.


Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m.


Mele atam kam na wò le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋku me bena, nalé nusiawo me de asi, eye amea ɖewo ƒe nu naganyo ŋuwò awu amea ɖewo o, eye megawɔ naneke alé go ɖeka me awu bubu o.


ke boŋ abe alesi Mawu kpo mí míedze bena, wòtso nyanyuie la de asi na mí ene la, nenema ke míegblɔnɛ; menye abe amesiwo dzea amewo ŋu ene o, ke boŋ abe amesiwo dzea Mawu, si dzroa míaƒe dziwo me kpɔna la ŋu ene.


Yehowa enye nye gome, megblɔ be, malé ŋku ɖe wò nyawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite