Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 33:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yuda ƒe yayra enye si. Eye wògblɔ bena: Yehowa, se Yuda ƒe gbe, eye gakplɔe va eƒe dukɔ gbɔ! Tsɔ wò asi wɔ aʋa ɖe eta, eye naxɔe tso eƒe futɔwo si!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be: “O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo, na wòawɔ ɖeka kple Israel wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 33:7
28 Referans Kwoze  

Elabena edze ƒã bena, mia Aƒetɔ la ɖo tso Yuda-to la me, to, si Mose megblɔ nyaa ɖeke na le nunɔlanyenye ŋuti o.


Elabena ele ne be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te.


Gake nye ketɔ ma, siwo melɔ̃ be, maɖu fia ɖe wo dzi o la, atikplɔ wo va afii, eye miwu wo le ŋkunye me.


Elabena vɔ̃ɖiwɔwɔ le bibim abe dzo ene, efiã aŋɔkawo kple ŋuwò, eye wòtɔ dzo ave dodowo, ale be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ.


Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;


Elabena fia la ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye ŋusẽkatãtɔ ƒe amenuveve ana be, ke maɖe le ete o.


Yehowa aɖo to wò le xaxagbe, Yakob ƒe Mawu la akpɔ tawò.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Etia eƒe dɔla Dawid, eye wòkplɔe mo alẽkpɔwo gbɔe;


ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na.


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Gbesiagbe amewo vaa Dawid gbɔ, ne woaxɔ nɛ, vaseɖe esime aʋakɔ la lolo abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.


Eye ne eva me be, zi ɖi va to klẽtiawo dome nèse la, ekema wɔ kaba, elabena Yehowa dze ŋgɔwò, be wòasi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la!


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!


Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.


Eye ana nɔ Saul ƒe aƒe kple Dawid ƒe aƒe dome eteƒe didi Eye Dawid ɖe ŋusẽ kpɔm de dzi, ke Saul ƒe aƒe la le gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe dzi.


Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔ ge ɖa, ne wòata mɔ le ŋgɔnye, eye Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si ɖim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe.


Ŋutsuawo ƒe ŋkɔwo nye si: Kaleb, Yefune vi, tso Yuda-to la me,


Esia nye Yuda-viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nu.


Magbã eƒe adikãtɔwo le eŋgɔ nyanyanya, eye maxlã nu ɖe eƒe ketɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite