Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 33:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eyae nye fia le Yesurun, le esime dukɔ la ƒe tatɔwo ƒo ƒu kpe ɖe Israel-toawo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yehowa zu fia le Yesurun esime Israel ƒe towo kpe ta.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 33:5
12 Referans Kwoze  

Yesurun ɖa ami, eye wòda afɔkli. Eye esi nèda ami klã, eye nèkpɔ lãme la, egblẽ Mawu, si wɔ wò la ɖi, eye nedo vlo agakpe, si nye wò xɔxɔ.


Ɣemaɣi la fíaa ɖeke mena Israel o, eye amesiaame wɔ nusi dze eŋu.


Miƒo nu ɖe Sixemtɔwo ƒe to me bena: Kae nyo na mi wu; Yerub-Baal vi blaadreawo katã naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo ame ɖeka naɖu fia ɖe mia dzia? Minyae bena, nyee nye mia ƒu kple mia ŋutilã!


Tete Israeltɔwo gblɔ na Gideon bena: Wò ŋutɔ kple viwòŋutsu kpakple viwòŋutsu ƒe vi miɖu fia ɖe mía dzi, elabena wòe ɖe mí tso Midiantɔwo si me!


Womekpɔ dzɔgbevɔ̃e le Yakob ŋu o, eye womekpɔ fuwɔamea ɖeke le Israel ŋu o. Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii, eye ayibopɛ le ɖiɖim le wo dome.


Eyata ɖo to nye gbe, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu akpe ɖe ŋuwò. Na dukɔ la nu le Mawu gbɔ, eye natso woƒe nyawo aɖo Mawu ŋku me.


Ne nyaa ɖe le wo si la, wotsɔnɛ vaa gbɔnyee, eye medrɔ̃a amesiame kple nɔvia dome nya na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.


Esiawo nye fia, siwo ɖu Edom-nyigba dzi, hafi fia va ɖo Israel-viwo si.


Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o!


Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.


Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite