Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 33:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Woawoe fiaa wò ɖoɖowo Yakob kple wò se la Israel; woawoe tsɔa dzudzɔdonu ɖoa wò ŋɔti nu, eye wotsɔa vɔsa blibo ɖoa wò vɔsamlekpui la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui kple numevɔsamlekpui la dzi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 33:10
37 Referans Kwoze  

Vɔsewo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote de anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.


Eye miafia ɖoɖo, siwo katã Yehowa ɖo to Mose dzi la, Israel-viwo.


Eye ne wowu ŋkeke siawo nu vɔ la, ekema nunɔlawo nasa miaƒe numevɔwo kple miaƒe akpedavɔwo tso ŋkeke enyilia dzi heyii, eye miaƒe nu adze ŋunye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Metiae tso Israel-towo katã dome, be wòanye nunɔla nam, eye woate ɖe nye vɔsamlekpui la ŋu, woatso nu ʋeʋẽe ado dzudzɔe, eye wòado kɔmewu la le ŋkunye me, eve metso Israel-viwo ƒe dzovɔsawo katã na fofowò ƒe aƒe la


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.


Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi o ta; elabena èɖo vlo sidzedze, eyata nye hã mado vlo wo be, maganye nunɔla nam o; èŋlɔ wo Mawu ƒe se la he, eyata nye hã maŋlɔ viwòwo be.


Exlẽ Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ̃ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.


Eye Xizkiya ƒo nu kple Lewi-vi, siwo katã nya mɔnu le Yehowa ƒe subɔsubɔ ŋu la, xɔlɔ̃tɔe, eye woɖu ŋkekenyuie-vɔsalã la ŋkeke adre, wosa akpedavɔ, eye woʋu go wo ɖokui na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.


Eye wotsi tre ɖe fia Uziya ŋu gblɔ nɛ bena: Uziya, medze wò be, nado dzudzɔ na Yehowa o, negbe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo, amesiwo ŋu wokɔ hena dzudzɔdodo la ko. Do go le kɔkɔeƒe la, elabena èwɔ nu tovo, eye Yehowa made bubua ɖeke ŋuwò o.


Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Eyome wòafe eƒe aʋalawo, gake womaɖe le enu o, eye nunɔla nata dzoe le nake, siwo te wodo dzo ɖo le vɔsamlekpuia dzi la dzi, elabena numevɔsae, dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


Eye woatso tsi akpala eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla natsɔ wo katã asa vɔe, eye woata dzo wo le vɔsamlekpui la dzi; elabena numevɔsae, dzovɔsa si nena lilili de Yehowa wònye.


Ke woatso tsi akpala eƒe domenuwo kple eƒe afɔwo, eye nunɔla Aron nata dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi, elabena numevɔsae dzovɔsa, si ʋẽna lilili ɖe Yehowa wònye.


eye wòatsɔ sonu aɖe dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi le Yehowa ŋku me, eye woaku dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽe wɔe, eye wotoe memee la, asiʋlo eve ava xɔmetsovɔ la godo.


Eye wòako dzudzɔdonua ɖe dzo la dzi le Yehowa ŋku me, eye ne dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ bia nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa dzi la, ekema maku o.


sikanutɔgba ɖeka, si ɖa sekel ewo, eye dzudzɔdonu yɔe banaa;


Yehowa, yra eƒe ŋusẽ, eye na eƒe asinudɔwo nadze dzi nɛ! Gbã ali na eƒe futɔwo kple eƒe ketɔwo yaʋayaʋa, ne womagatsi tre o!


Elabena Ezra tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.


Eye Lewitɔwo nakɔ gbe dzi agblɔ na Israel blibo la bena:


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mibia nunɔlawo, ne woafia nu mi be:


Ne ŋutsua ɖe lɔ lã kɔkɔe ɖe avɔ nu; eye avɔ la toga ka abolo alo nuɖaɖa, wein, ami alo nuɖuɖua ɖe ŋu la, ɖe nusiawo ŋu akɔa? Nunɔlawo ɖo ŋu gblɔ bena: Kpao.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite