Tete Yuda-viwo va Yosua gbɔ le Gilgal, eye Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la, gblɔ nɛ bena: Enya nya, si Yehowa gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le mía kpli wo ŋuti le Kades-Barnea.
Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!
Tete fia la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam. Eye Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Yehowa, eye fia la ƒe asi gaɖo me nɛ abe tsã ene.
Tete nyɔnu la yi ɖagblɔ na srɔ̃a bena: Mawu ƒe amea ɖe va gbɔnye, ele abe mawudɔla ene, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, ke nyemebia afisi wòtso o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.