Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 32:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ɖo ŋku gbaɖegbe dzi, eye nabu lãme le blematɔwo ŋu; bia fofowò, ne wòato nya na wò, eye bia wò amegã ɖeɖiwo, ne woagblɔe na wò!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi! Bia fofowòwo kple amegãxoxowo, woagblɔ nya sia nya na wò.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 32:7
17 Referans Kwoze  

Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Mido ŋu nusiwo dzɔ va yi tso blema la be, nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, amea ɖeke mesɔ kplim o;


Bia gbaɖegbe, si va yi, kple dziƒo ƒe go ɖeka vaseɖe go keme dzi la se, tso gbesigbe Mawu wɔ ame ɖe anyigba dzi be, nya gãa ɖe dzɔ kpɔ abe esia enea, alo wose esia tɔgbe kpɔa?


Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku Mose dzi le blema ŋkekewo me be: Afika amesi kplɔ wo tso atsiaƒu hekpe ɖe eƒe lãha ƒe kplɔla ŋu la le? Afika amesi na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ wo dome la le?


Eye ne viwòŋutsu ava bia wò bena: esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ ne bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afisi míenye kluviwo le.


Gideon ɖo ŋu nɛ bena: Tsoo, nye aƒetɔ! Ne Yehowa li kpli mi ɖe, nukaŋuti nusiawo katã dzɔ ɖe mia dzi? Eye afika eƒe nukunu, siwo katã ŋu mía fofowo nɔa dze ɖom le na mí be, Yehowa kplɔ mí tso Egipte la le? Azɔ Yehowa tutu mí ƒu gbe, eye wòtsɔ mí ɖe asi na Midiantɔwo.


Yehowa, meɖo ŋu wò se le tso mavɔ me ke, eye mete akɔ ne ɖokuinye.


Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbee, eye magave ame nu oa?


Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye.


Eye ne mia viwo abia mi be: miaƒe subɔsubɔ sia gɔme ɖe mahã la,


Etu se anyi ɖe Yakob, eye wòɖo nufiame anyi de Israel, siwo ŋu wòde se na mía fofowo le be, woafia wo wo viwo,


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


Mawu, míesee kple míaƒe to, mía fofowo ɖa xo na mí, le nusiwo nèwɔ le wo ŋɔli le blema la ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite