Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 32:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Yi aɖu nu le gota, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, vidzĩewo kple amegã taɣìwo siaa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 32:25
17 Referans Kwoze  

Yi le xexe, dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me; amesi le gbe me la, yi awui, eye amesi le du me la, dɔwuame kple dɔvɔ̃ aɖui.


Yehowa, kpo alesi vɔvɔ̃ ɖom ɖa! Nye dɔkaviwo ʋu dzo hẽ, eye nye dzi le togotogoe ƒom le menye, le esi mese to ta. Yi le nu gblẽm le xexe abe ku le aƒe me ene.


Elabena esi mieva Makedonia hã, míaƒe ŋutilã mekpɔ dzudzɔa ɖeke o, ke míekpe fu le nusianu me boŋ, dzrewɔwɔ le mía gota, eye vovɔ̃ le mía me.


Tsikɔ na vidzĩewo ƒe aɖe lé de aŋɔƒome na wo, ɖeviwo bia abolo, ke amea ɖeke mekae na wo o.


Ƒo nu: Yehowa ƒe gbe enye si: Amegbetɔwo ƒe kukuwo ana anyi abe gbeɖuɖɔ le agble me ene, eye abe lubabla le nuŋelawo megbe, siwo amea ɖeke meli aƒo wo nu ƒu o la ene.


hegblɔ bena: Kpao, ke boŋ míanɔ sɔwo dzi asi, eye míado sɔ ɖiduwo. Eyata miasi, eye mia yometilawo ado sɔ ɖiduwo.


Eye wòkplɔ Kaldeatɔwo ƒe fia va ƒu wo, amesi wu woƒe ɖekakpuiwo kple yi ɖe woƒe kɔkɔeƒe la ƒe aƒe me, eye meve ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple amegã ɖeɖiwo nu o; etsɔ wo katã de asi nɛ.


Maɖo yi de mia dome, bena woabia hiã de nubabla la ta, eye ne miesi aʋa yi de miaƒe duwo me la, ekema maɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome, eye matsɔ mi ade asi na miaƒe futɔwo.


Esi anyigba le tsyɔtsyɔm la, wodze mɔ, be yewoayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wova Aramtɔwo ƒe asaɖa ƒe mlɔenu la, kpɔ ɖa, amea ɖeke mele afima o.


Azɔ ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Nukaŋuti miahe vɔ̃ gã sia ava mia ɖokui dzi, be ŋutsu kple nyɔnu, ɖevi kple vidzie natsrɔ̃ le Yuda, ale be miana be, amea ɖeke makpɔtɔ na mi o,


mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo ɖo dziku nam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔwo le Egipte-nyigba dzi, afisi mieyi, be miaɖanye amedzro le, ne miatsrɔ̃ mia ɖokui, eye miazu ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu le anyigba dzi dukɔwo katã domea?


Ne wobe, yewoanyi wo viwo woatsi la, made vi lewo ŋu, be amegbetɔa ɖeke maganɔ anyi o; elabena baba na woawo ŋutɔ hã, nenye be, medze le wo gba.


Ati ŋɔɖua enye Efrayim, woƒe kewo ayrɔ, eye womatse ku o; ne wobe, yewoadzi vi hã la, mawu woƒe dɔmevi, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o.


Yi ava woƒe duwo dzi, aŋe woƒe gametiwo, eye wòaɖu nu le woƒe tameɖoɖowo ta.


Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye ɖɔ anɔ wuwòm ɖaa; ne èdzra nu ɖo la, ɖeke makpɔtɔ o, eye ne ɖe susɔ la, matsɔe ade asi na yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite